Romans 7

Srɔ̃ɖeɖe abe kpɔɖeŋu ene

1Nɔvi Yudatɔ lɔlɔ̃awo le Kristo me, ɖe mienyae haɖe be ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã?

2Mina maɖo kpɔɖeŋu aɖe na mi. Ne woɖe nyɔnu aɖe la, se la blae ɖe srɔ̃a ŋuti zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe. Ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o. 3Ekema ate ŋu aɖe ŋutsu bubu ne elɔ̃. Nyɔnu la ada vo ne ŋutsu la le agbe, ke nu sia sɔ le go sia go me le ŋutsu la ƒe ku megbe.

4Tsã la, mia “srɔ̃ŋutsu,” si nye míaƒe aƒetɔ lae nye Yudatɔwo ƒe se; ke magblɔ be “mieku” kple Kristo le atitsoga la ŋu, eye esi “mieku” ta la, “miegaɖe se la o,” eye se la megabla mi o. Miegagbɔ agbe esi kristotɔ fɔ tso ame kukuwo dome eye miezu ame yeyewo. Azɔ la, mieɖe ame si fɔ tso ame kukuwo dome ale be miate ŋu atse ku nyui siwo nye dɔ nyuiwo wɔwɔ na Mawu. 5Esi miaƒe nɔnɔme xoxoa nɔ mia me la, dzodzro vɔ̃ɖiwo nɔ dɔ wɔm le mia me, eye wonaa miedina be yewoawɔ nu siwo Mawu di be miagawɔ o. Ale mietsea nu vɔ̃ ƒe kutsetse siwo nye ku ƒe kutsetse gbegblẽwo. 6Ke azɔ la, mehiã be miagatsi dzi ɖe Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo ŋuti o, elabena “mieku” le esime woɖe aboyo mi, ke azɔ la, miate ŋu asubɔ Mawu nyateƒetɔe, menye le mɔ xoxoa nu to seawo dzi wɔwɔ me tamemabumabutɔe o, ke boŋ le mɔ yeyea nu, miasubɔ Mawu kple miaƒe dzi blibo kpakple miaƒe susu katã.

Ʋiʋli kple nu vɔ̃

7Ekema ɖe mele gbɔgblɔm be Mawu ƒe se siawo nye se dzodzrowoa? Gbeɖe! Ao, nu vɔ̃ mele se la ŋu o, ke boŋ se lae ɖe nye nu vɔ̃ fiam. Ne se la megblɔ be, “Mele be dzodzro vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzime o” la, anye ne nyemate ŋu anya nu vɔ̃ si le nye dzime kple dzodzro vɔ̃ɖi siwo ɣla ɖe afi ma o. 8Ke nu vɔ̃ wɔ se siawo ŋudɔ hetso tsi tre ɖe dzodzro vɔ̃ɖiwo ŋu to ŋkuɖoɖo wo dzi nam me be, dzodzro ma tɔgbiwo nye nu vɔ̃ eye wonyɔa dzodzro siwo nu wode se ɖo la le menye! Ne se aɖeke meli si dzi woada o la, eya ko hafi nu vɔ̃ wɔwɔ aɖeke hã manɔ anyi o.

9Eya tae nye dzi dze eme, zi ale si nyemese nu si se la bia tututu la gɔme o. Ke esi meke ɖe nyateƒea ŋu la, medze sii be meda sea dzi eye mezu nu vɔ̃ wɔla si wotso kufia na. 10Eya ta le nye ɖeka gome la, le ale si se nyui la afia agbemɔ lam teƒe la, ena wotso kufia nam boŋ. 11Nu vɔ̃ wɔm mezu abunɛtɔ esi wòto Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔwɔwɔ me na medze be woatso kufia nam. 12Ke, abe ale si miakpɔe ene la, se la ŋutɔ le eteƒe pɛpɛpɛ eye wònyo hã!

13Ke ale ke nu sia ate ŋu ava emee? Menye se lae hem de tsɔtsrɔ̃ mee nye ema oa? Ekema ale ke wòate ŋu anye nu nyui? Ao, enye nu gbegblẽ kple nu vɔ̃, nu si wɔ nu nyui ŋudɔ eye wòna wobu fɔm. Ale miate ŋu akpɔ ale si wònye nu vɔ̃ɖi si ate ŋu ahe ku vɛ eye wòle be woatsri eŋudɔwɔwɔ, elabena ewɔa Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔ hena eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖiwo.

Ame ƒe ʋiʋli le ememe ke

14Ekema se la nyo, ke nu si gblẽ la tso gbɔnye elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. 15Nyemese ɖokuinye gɔme kura o elabena medina vevie be mawɔ nu si nyo, gake nyemetea ŋui o. Mewɔa nu si nyemedina be mawɔ o. Melé fu nu sia. 16Menya nyuie be nu si wɔm mele la menyo o; nye dzitsinya vɔ̃ɖi la ɖenɛ fiaam be melɔ̃ ɖe se siwo dzi dam mele la dzi. 17Gake wɔna aɖeke mele ŋunye o, elabena menye nyee gale ewɔm o; nu vɔ̃ si le menye la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye eye eyae naa mewɔa nu vɔ̃ siawo.

18Menya be menye ame gbegblẽ le goawo katã me le ale si nye dzɔdzɔme si nye nu vɔ̃ xoxoa sɔŋ le la ta. Nye agbagbadzedze ɖe sia ɖe metea ŋu naa mewɔa nu nyui o. Medina be mawɔ nu nyui gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. 19Ne medi be mawɔ nu nyui la, nyemetea ŋu wɔnɛ o. Ne medze agbagab ne nyemawɔ nu vɔ̃ o la, mewɔa nu vɔ̃ kokoko. 20Azɔ ne mele nu si nyemedina be mawɔ o wɔm la, ekema eme kɔ be menye nye ŋutɔe le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si gakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye kokoko lae.

21Edze abe enye nyateƒe aɖe le nye agbe me ene be, ne medi be mawɔ nu si nyo la, mewɔa nu si menyo o la kokoko. 22Medina be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nye dzɔdzɔme yeyea nu. 23Ke mekpɔ se bubu si le dɔ wɔm le nye ŋutilã me, ewɔa aʋa kple nye susu eye wòwɔam kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le nye ŋutinuwo me. 24O, menye nublanuitɔ gã aɖe! Ame ka aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ku mee la sime? 25Ke woada akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, dzi. Eya ta azɔ la menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.

Copyright information for EweBEE